2 Corinthians 5

Míaƒe nɔƒe le dziƒo

1Míenyae bena ne wokaka míaƒe anyigbadzixɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la, Mawu ana ŋutilã yeye, makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tui. 2Míele fu kpem ŋutɔ le míaƒe anyigba dzi ŋutilã siawo me, eya tae wòle mía dzrom vevie eye míele mɔ kpɔm na gbe sia gbe Aƒetɔ la atsɔ dziƒoŋutilã yeyewo ava do na mí abe awu ene. 3Elabena menye gbɔgbɔme ko míanɔ o, ke boŋ Mawu ado awu na mí esi nye dziƒoŋutilã la. 4Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la zi nenema ke míekpea fu siwo hea hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le anyighbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si nye agbe la atsyɔ na mí, bena wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi. 5Mawu ŋutɔe ɖoe be tɔtrɔ sia nava míaƒe agbenɔnɔ me eya tae wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de mía me abe kpeɖodzinu ene.

6Azɔ la míele mɔ kpɔm kple dzideƒo na dziƒoŋutilã yeye sia xɔxɔ. Míenyae bena zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me le afi sia la, míeɖo Aƒetɔ la gbɔ le dziƒo haɖe o. 7Míenyae bena esiawo katã le eme vavã to xɔse me ke menye to nukpɔkpɔ kple ŋku me o. 8Ke dzideƒo blibo le mía si eye wòdzroa mí gɔ̃ hã be míadzo le anyigbadziŋutilã sia me aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mavɔ la me. 9Ke míaƒe didi vevi enye be ne míele agbe le anyigbadziŋutilã sia me alo míele egbɔ le dziƒo la míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me. 10Elabena mí katã míava tsi tre ɖe Kristo ŋkume gbe ɖeka, bena wòadrɔ̃ ʋɔnu mí eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii la nu. Ne èwɔ nu nyui la, àxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, àxɔ fetu vɔ̃.

Krisoto ƒe amedɔdɔwo

11Mawuvɔvɔ̃ si le mía me tae míeɖea gbeƒã eye míeƒoa dzimetɔtrɔ ƒe nya la ɖe amewo katã nu be woava Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔ nya bena míele dɔ sia wɔm kple dzimekɔkɔ; eye mexɔe se be miawo hã mienyae nenema tututu.

12Menye mía ɖokui kafum míele alo menye mía ɖokui dom míele ɖe dzi o, ɖe ko míedi be miada ɖe mía dzi abe ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe amedɔdɔ vavãwo ene. Eye miate ŋu atsɔ mí aƒo adegbee alo aɖo nya ŋu na nufiala alakpatɔ siwo le mia dome, ame siwo ƒe susu koe nye be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ nyuie le amewo gbɔ ko, ke woƒe dziwo me do viviti tsiɖitsiɖi. 13Ne nya siawo sese ɖi le miaƒe towo me abe ɖe míaƒe susuwo da ene la, ekema le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la tae. Ke ne miedze sii be míaƒe nyawo meɖi ame siwo ƒe tagbɔ tɔtɔ tɔ o la, ekema aɖe vi geɖe na mi. 14Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ tae míele nu sia nu si wɔm míele la wɔm o; míele ewɔm elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se bena Aƒetɔ Yesu Kristo ku ɖe mí katã ta la, ele be míawo hã míaxɔe se be míeku na agbe xoxo siwo míenɔna tsã la. 15Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖo lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuvevenunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la, eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko. 16Eya ta tso fifia dzi heyina la migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be, ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla. Gake fifia la meganye nenemae míegale ekpɔmii o. 17Ne ame aɖe xɔ Kristo abe eƒe Aƒetɔ ene la, Kristo tsɔa agbenɔnɔ yeye dea amea me. Agbenɔnɔ vɔ̃ɖi xoxotɔ si wònɔna tsã la nu va yina, eye wòdzea agbe yeye nɔnɔ gɔme.

18Nu siawo katã tso Mawu dɔmenyotɔ la gbɔ, ame si gbɔ agbe míawo hã eye wògawɔa mí etɔwoe to Kristo dzi. Mawu ŋutɔ tsɔ dɔ nyui sia de asi na mí be míakplɔ ame bubuwo hã va egbɔe be wòakpɔ nublanui na wo eye woawɔ ɖeka kplii. 19Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu, to Kristo dzi le xexeame katã kpem va eɖokui gbɔe. Màgaɖo ŋku amewo ƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ àtsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na mí be míagblɔ na amewo katã. 20Eya ta míawo la, Kristo ƒe amedɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii. 21Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eyama dzi. Eye wòtsɔ eƒe dɔmenyo kple amenuveve ɖo eteƒe na mí katã.

Copyright information for EweBEE